Joshua 8:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si nèwɔ na Yerixo-dua kple eƒe fia la la, wɔe na Ai-du kple eƒe fia la hã. Ke le eya gome la, miha woƒe nuwo kple nyihawo ne woazu mia tɔ. Na woadze dua dzi le vo me to emegbe.”