Joshua 8:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
kpe blibo, siwo wometsɔ gakpee fui o la, wotsɔ ɖi vɔsamlekpui lae, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se na Israel-viwo, kple alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le edzi na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖii abe ale si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose gblɔ be woaɖii ene le nya si le segbalẽa me la nu. Nu si woŋlɔ ɖi lae nye be: “Vɔsamlekpui si woɖi kple kpe blibo siwo ŋu gakpe meka kpɔ o la.” Le vɔsa gbãtɔ si wowɔ le edzi me la, wotɔ dzo lã la katã na Aƒetɔ ɖeɖe ko, eye le evelia si wogawɔ le edzi gome la, vɔsalawo ɖu lã la ƒe ɖe.