Joshua 8:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Israelviwo katã: eɖanye ame tsitsi, alo dzikpɔla alo ʋɔnudrɔ̃la o, eɖanye ɖevi alo amedzro o, wo katã wole tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ƒe axa eveawo dzi, dze ŋgɔ nunɔla siwo nye Levitɔwo, eye wotsɔ aɖakaa la. Dukɔ la ƒe afã le tsitre ɖe Gerizim-to la ŋgɔ, eye afã hã le tsitre ɖe Ebal-to la ŋgɔ. Aleae Mawu ƒe dɔla Mose bia tso wo si be woawɔ ne woƒe yayraxɔɣi ɖo.