Joshua 9:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia siwo katã le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe gome la se Israelviwo ƒe dziɖuɖu la. Woawoe nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe fiawo, eye wole toawo dzi kple gbadzaƒe siwo le Domeƒu la nu ɖado ɖe keke Lebanon ke.