Jude 1:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ame mawo la wogblɔa busunya ɖe nusiwo womenya o la ŋuti; ke nusiwo gɔme wose tso dzɔdzɔme abe lã nyasã manɔsitɔwo ene la, wogblẽ wo ɖokui le nusiawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame siawo gblɔa nya vlowo ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋu; nu siwo wonya tso dzɔdzɔme, abe ale si gbemelãwo hã nyae ene la, woawoe nye nu siwo tututu tsrɔ̃a wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua tame o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.