Jude 1:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ va zu ɖi tá miaƒe lɔlɔ̃ si ƒoa ƒu mi ɖekae le miaƒe nuɖuƒewo. Ale si woawo ɖeɖe ko ƒe dzi nadze eme ko wodina. Wole abe alilikpo madzatsi, si ya le ƒoƒom la ene. Wosɔ kple ati siwo metsea ku le kutseɣi o, eye wòwɔ abe ɖe woho wo kple ke, eye woku gbidii ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe alilĩkpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe nu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o eye woho wo ƒo ɖi eye woku zi gbɔ zi eve la ene.