Jude 1:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ƒutsotsoe dzeagbo, siwo kplɔa woa ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo va kɔna ɖe go, ɣletivi tramɔ, siwo wodzra ɖo hena viviti tsiɖitsiɖi yi ɖe mavɔmavɔ me la, wonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wosɔ kple ƒu dzeagbo ƒe ƒutsotsoe, eye woƒe ŋukpenanuwɔwɔ le abe ƒutsotsoeawo ƒe futukpɔ ene. Ɣletivi siwo le tsatsam, eye Mawu dzra nɔƒe ɖo ɖi na wo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me, be woanɔ afi ma tegbee lae wonye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene, wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.