Jude 1:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mihe ɖewo do goe tso dzo la me, ne miaxɔ wo ɖe agbe. Mikpɔ nublanui na ɖewo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu siwo wodo gɔ̃ hã, elabe nuvɔ̃ɖi siwo woƒe ŋutilã dina la ƒo ɖi wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miɖe ame bubuwo tso dzo me eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.