Jude 1:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ɖeka hɔ̃, mía Xɔla, to Yesu Kristo mía Aƒetɔ dzi, eya koe míatsɔ bubu na, ahabui gãe; eya ko aɖu mía dzi ahakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ɣeyiɣiwo katã, tso fifia yi ɖe mavɔ me. Amen.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
míaƒe Mawu ɖeka hɔ̃ la, ame si nye míaƒe Đela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.