Jude 1:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye lɔlɔ̃tɔwo, ɖe medi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ale si Mawu xɔ mi katã ɖe agbe la ŋu hafi, ke didi bubu gava nyɔ le menye, be maŋlɔ agbalẽ sia na mi kaba ahatsɔ ado ŋusẽ mi, be miaʋli xɔse la ta. Xɔse siae Mawu tsɔ na eƒe ame siwo ŋu wòkɔ la, zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ nu na mi le ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔ na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋlĩ xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.