Jude 1:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ame mavɔ̃mawu aɖewo va ge ɖe mía dome dzaa pɛ míenya o. Wotrɔ gbedeasi si míexɔ tso ale si mía Mawu la vea ame nui la ŋu bubui, bene wòasɔ ɖe woƒe agbe baɖa nɔnɔ nu. Ame siawo gbe míaƒe Nufialagã ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ si nye Yesu Kristo la. Ẽ, Mawu ŋutɔ ɖoe da ɖi xoxo tso keke gbe aɖe gbe ke be yeabu fɔ ame siawo alea.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele esia gblɔm elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ la gbɔ.