Jude 1:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mawudɔlawo ƒe nunɔla Mixael kura gɔ̃ hã mewɔ nu sia tɔgbe o. Esime wònɔ dzre wɔm kple Abosam ɖe ame si akɔ Mose ƒe kukua ta la, Mixael megblɔ nya vlo aɖeke ɖe Abosam ŋu o. Ke nya si ko wògblɔ lae nye be, “Aƒetɔ la laka mo na wò!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã esi wònɔ nya hem kple vɔ̃ɖitɔ la tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”