Judges 1:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yuda gblɔ na nɔvia Simeon bena: Ho kplim, míayi nye anyigba dzi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo, ekema nye hã makpe ɖe ŋuwò, míayi tɔwo dzi! Tete Simeon yi kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yuda gblɔ na nɔvia Simeon be: “Va kplɔm yi anyigba si wotsɔ nam la dzi ne maɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo. Emegbe la, nye hã makplɔ wò ayi teƒe si wotsɔ na wò la dzi aɖakpe ɖe mia ŋu.” Ale Simeon yi kplii.