Judges 10:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsuvi blaetɔ̃ nɔ esi, siwo do tedzivi blaetɔ̃, eye du blaetɔ̃ nɔ wo si, esiwo woyɔna be Yair-kɔƒewo vaseɖe egbe, wole Gilead-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsuvi bla etɔ̃ nɔ esi, ame siwo doa tedzi bla etɔ̃. Du bla etɔ̃ nɔ wo si le Gilead-nyigba dzi, eye woyɔa wo be Yair-duwo va se ɖe egbe.