Judges 10:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wote Israel-vi, siwo katã nɔ Yordan ƒe go keme dzi le Amoritɔ, siwo nɔ Gilead ƒe anyigba dzi la, ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu tso ƒe ma dzi ƒe wuienyi sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wote Israelvi siwo katã nɔ Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome, le Gilead le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu ƒe wui enyi sɔŋ.