Judges 11:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amon-viwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe dolawo bena: Elabena Israel xɔ nye anyigba, esime wotso Egipte va, tso Arnon nu vaseɖe Yabok kple Yordan nu; eyata gagbugbɔe nam kpoo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amon viwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe amedɔdɔawo be: “Esime Israel-dukɔ tso Egipte va la, exɔ nye anyigba. Anyigba si wòxɔ la tso Arnon-tɔsisi la nu va se ɖe Yabok-tɔsisi kple Yordan-tɔsisi nu. Eya ta azɔ la, gbugbɔe nam kpoo!”