Judges 11:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòto gbedzi hetrɔ Edom-nyigba kple Moab-nyigba ta, eye wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome heƒu asaɖa anyi ɖe Arnon ƒe go keme dzi, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, woto gbedadaƒo heƒo xlã Edom-nyigba kple Moab-nyigba va se ɖe esime wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome le Arnon-tɔsisi ƒe go kemɛ dzi. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabe Arnon-tɔsisi lae do liƒo na Moab-nyigba.