Judges 11:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Sixɔn mexɔ Israelviwo dzi se o eya ta wòna eƒe aʋakɔ wɔ aʋa kple Israelviwo le Yaza.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Sixon meɖo ŋu ɖe Israel ŋu, ne wòana wòato eƒe anyigba dzi ayi o, eye Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yaza, eye wòwɔ ana kple Israel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Sixon meka ɖe Israelviwo dzi ne wòana woato eƒe anyigba dzi ayi o. Ale Sixon ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Yoza heho aʋa ɖe Israelviwo ŋu.