Judges 11:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase heva Mizpe-Gilead; eye woho tso Mizpe-Gilead ɖe Amon-viwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi. Eto Gilead kple Manase va do ɖe Mizpa le Gilead, eye wòho tso afi ma va ɖo Amon viwo gbɔ.