Judges 11:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòsi wo tso Aroer vaseɖe Minit heva ke ɖe Abel-Keramim, wole; du blave, eye wòɖu wo dzi vevie ŋutɔ. Ale wobɔbɔ Amon-viwo, ɖe anyi le Israel-viwo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Du bla evee wòsi, tso Aroer va se ɖe Minit heva ke ɖe Abel-Keramim ke. Wowu ame geɖe ŋutɔ. Ale wɔ Israelviwo ɖu Amon viwo dzi hebɔbɔ wo ɖe anyi.