Judges 11:35 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yefta kpɔe la, edze awu le eɖokui ŋu gblɔ be: “Ao, vinye! Èdo nublanuitɔm. Èdem xaxa gã aɖe me. Nye ŋutɔe ke nu ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ; nyemagate ŋu atrɔe o.”