Judges 12:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Efrayimtɔwo ƒo ƒu ho va anyiehe, eye wogblɔ na Yefta bena: Nukaŋuti nèho ana ɖe Amon-viwo ŋu, eye mèyɔ mí, be míayi kpli wò oa? Miatɔ dzo wò xɔ ɖe dziwò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Efrayimtɔwo ho aʋa. Wotso Yordan-tɔsisi la va Zafon, eye wogblɔ na Yefta be: “Nu ka ta nèho aʋa ɖe Amon viwo ŋu, eye mèyɔ mí ne míakplɔ wò ayi o? Míele dzo tɔ ge wò xɔ ɖe dziwò!”