Judges 12:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yefta ƒo Gileadtɔwo katã nu ƒu yi ɖawɔ aʋa kple Efrayim, eye Gileadtɔwo si Efrayim; elabena wogblɔ bena: Gileadtɔwo nye Efrayim ƒe ame dzegowo: Gilead le Efrayim kple Manase dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yefta ƒo Gileadtɔwo katã nu ƒu, eye wòyi ɖawɔ aʋa kple Efrayimtɔwo heɖu wo dzi elabe Efrayimtɔwo gblɔna be: “Gileadtɔwo, ame dzegowo mienye le Efrayim kple Manase dome.”