Judges 12:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wogblɔna nɛ be: Gblɔ be Sibolet! Tete wogblɔna be Zibolet; elabena meɖo ŋu ɖo be, wòagblɔe nyuie o. Enumake wolénɛ, eye wowunɛ ɖe Yordan-tsoƒe la. Ale Efrayimtɔ ame akpe blane vɔ eve kũ ɣemaɣi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔna nɛ be: “Gblɔ be Sibolet!” Ke eya gblɔna be Zibolet, elabe menyà eyɔyɔ nyuie o. Enumake wolénɛ, eye wowunɛ ɖe tɔtsoƒe la le Yordan-tɔsisi la nu. Ale wowu Efrayimtɔ ame akpe bla ene vɔ eve le ɣe ma ɣi me.