Judges 13:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, ele fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eyata megano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; elabena ŋutsuvi la anye Mawu ƒe klu tso dada ƒe dome vaseɖe eƒe kugbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke egblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eya ta mègano wain alo aha sesẽ aɖeke o; mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o, elabe ŋutsuvi la anye vi si ŋu Mawu kɔ̀ tso nɔa ƒe dɔme ke va se ɖe eƒe kugbe.’ ”