Judges 14:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Simson srɔ̃ la avi nɛ gblɔ bena: Fu ko nèlém, eye mele lɔ̃yem o; eto adzo na mia ɖe viwo, gake megblɔe nam o! Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyemegblɔe na fofonye kple danye gɔ̃ hã o, eye mayi egblɔ ge na wòa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Simson srɔ̃ fa avi nɛ gblɔ be: “Èlém ɖe dɔme! Mèlɔ̃m kura o! Èto adzo na mía deviwo, ke ègbe egɔmeɖeɖe nam.” Egblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nyemeɖe egɔme na tɔ́nye kple nɔnye kura gɔ̃ hã o. Nu ka ta wòle be maɖe egɔme na wò ɖo?”