Judges 14:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be, “Nu kae vivina wu anyitsi eye nu kae sesẽ wu dzata?” Samson gblɔ na wo be, “Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la, anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete duameviwo va gblɔ nɛ le ŋkeke aɖreagbe, hafi ɣe naɖo to bena: Nuka vivina wu anyitsi? Eye nuka sesẽ wu dzata? Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe menye nye nyivi lae mietsɔ ŋlɔ agblee o la, anye ne miele nye adzo la gɔme ɖe ge tututu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke adrẽa gbe hafi ɣe naɖo to la, dua me ŋutsuwo va gblɔ na Simson be: “Nu ka ate ŋu avivi wu anyitsi? Nu ka ate ŋu asesẽ wu dzata?” Simson ɖo eŋu na wo be: “Ne ɖe menye nye nyinɔe lae mietsɔ ŋlɔ agblee o la, anye ne miete ŋu ɖe nye adzo la gɔme o.”