Judges 14:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi wòyi Askalon ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ heɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na amesiwo ɖe adzo la gɔme. Tete dzi kui wògbugbɔ yi fofoa ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ ɖo Simson me ŋusẽtɔe, eye wòyi Askalon ɖawu ŋutsu bla etɔ̃. Eɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu bla etɔ̃ na ame siwo ɖe adzo la gɔme. Emegbe la, edzo yi tɔ́a ƒeme kple dziku helihelĩ.