Judges 14:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?” Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke tɔ́a kple nɔa biae be: “Nu ka ta nèdi be yeayi aɖaɖe srɔ̃ tso Filistitɔ bolobolotɔwo dome? Ðe mèkpɔ nyɔnu aɖeke aɖe le nɔviwòwo vinyɔnuwo dome alo tso dukɔ blibo la dome o taea?” Ke Simson gblɔ na tɔ́a be: “Bia eta nam maɖe; eya ƒe nue lé dzi nam.”