Judges 15:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ (3,000) yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yuda-ŋutsu akpe etɔ̃ yi agato la me le Elam gblɔ na Simson bena: Menyae be, Filistitɔwoe le mia dzi ɖum oa? Eɖo ŋu na wo bena: Alesi wowɔm la, nenema mewo wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yuda-ŋutsu akpe etɔ̃ yi ɖe agado la me le Etam, eye wogblɔ na Simson be: “Mènyae be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa? Nu ka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu?” Eɖo eŋu na wo be: “Nu si wowɔ nam la, eya tututu nye hã mewɔ na wo.”