Judges 15:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Simson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, eye wòbia akakatiwo; etrɔ asike eve kpe, eye wòbia akakati ɖeka ɖe asike eveawo domee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Simson yi ɖalé abei alafa etɔ̃. Eɖe wo eveve, eye wòtrɔ woƒe asikɛwo kpe hebla. Azɔ la, ebla akakati ɖeka ɖe asikɛ eveawo dome.