Judges 16:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Simson gblɔ be: Maku kple Filistitɔwo! Eye wòbi eɖokui kple ŋusẽ, tete xɔ la mũ dze amegãwo kple dukɔ blibo la dzi. Ale amesiwo wowu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu amesiwo wòwu le eƒe agbe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
hegblɔ kple ɣli be: “Na maku kple Filistitɔwo!” Ebi eɖokui ŋusẽtɔe tutu sɔtiawo, eye xɔ la mu dze amegãawo kple ame bubuwo katã dzi. Ale ame siwo wòwu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu esiwo wòwu le eƒe agbenɔɣi.