Judges 17:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na nɔa be: “Ɣe ma ɣi esi ame aɖe fi wò klosaloga akpe ɖeka alafa ɖeka la, èƒo fi de amea. Nye hã mesee. Kpɔ ɖa, nyee tsɔ ga la; ele asinye.” Nɔa gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ neyra wò, vinye!”