Judges 18:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wova to Mika ƒe aƒe ŋu yina la, ŋkutsala atɔ̃awo gblɔ na wo nɔviwo be, “Kɔmewu, aƒeli, aklamakpakpɛ kple legbawo le aƒe sia me. Eme kɔ ƒãa be mienya nu si wòle be miawɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋutsu atɔ, siwo yi ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la, gblɔ na wo nɔviwo bena: Miawo hã mienyae bena, kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Eyata mibu nusi miawɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ŋutsu atɔ̃ siwo de ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la gblɔ na wo nɔviwo be: “Miawo hã mienya be kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Azɔ nu ka miebu be míawɔ?”