Judges 18:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkutsala atɔ̃awo ge ɖe xɔ la me eye wolɔ aklamakpakpɛawo, kɔmewu la, aƒeli la kple legba la esime nunɔla la nɔ agbo la nu kple asrafo alafa ade (600) siwo kpla woƒe aʋawɔnuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsu atɔ̃, siwo ɖatsa ŋku anyigba dzi la, yi ɖage ɖe me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ kple kɔmewu, aƒeli kple legba la, le esime nunɔla la kple ŋutsu alafa ade, siwo bla akpa la, tsi tre ɖe agboa nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ŋutsu atɔ̃ siwo de anyigba la dzi ɖatsa ŋku la ge ɖe xɔa me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ, kɔmewu, aƒeli kple legba la. Ke nunɔla la kple ŋutsu alafa ade la ya tsi tsitre ɖe agboa nu.