Judges 18:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta Dan ƒe to la tia kalẽtɔ atɔ̃ tso Zora kple Estaol duwo me be woayi aɖatsa ŋku le anyigba si dzi wodi be yewoanɔ la dzi. Esi wova ɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, wodze Mika ƒe aƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dan-viwo dɔ ŋutsu kalẽtɔ atɔ̃ le woƒe ƒome blibo la me tso Zora kple Estaol ɖo ɖa, be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi, eye woadzra eme hegblɔ na wo bena: Miyi ɖadzro anyigba la me! Esi wova Efrayim-to dzi la, woyi ɖe Mixa ƒe me hetsi afima dɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Dan-to la me tɔwo tia ŋutsu kalẽtɔ atɔ̃ tso woƒe ƒomeawo dome, eye wodɔ wo tso Zora kple Estaol ɖo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le anyigba la dzi alé ŋku ɖe eŋu. Wogblɔ na amedɔdɔawo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi nyuie.” Esi wova ɖo Efrayim-tonyigba la dzi la, woyi ɖe Mixa ƒeme ɖadze egbɔ.