Judges 2:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim gblɔ bena: Mekplɔ mi tso Egipte va anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mia fofowo gblɔ be, nyematu nye nu, si mebia kpli mi, akpɔ gbeɖe o la dzi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim eye wògblɔ be: “Mena mieʋu tso Egipte, eye mekplɔ mi va anyigba si ŋu meka atam ɖo be mele tsɔtsɔ ge ana mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na wo be, ‘Nyematu nu, si mebla kpli mi la akpɔ gbeɖe o,