Judges 2:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðe esia ta, Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe Israelviwo ŋu, eye wòna adzohawo ɖo wo dome, da adzo wo. Eɖe asi le wo ŋu na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo godoo la. Woƒe futɔwo ɖu wo dzi, eye womegate ŋu nɔ te ɖe wo nu o.