Judges 2:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke womeɖo to woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o, eye wodze mawu bubuwo yome de ta agu na wo, wote ɖa le mɔ, si dzi wo fofowo zɔ heɖo to Yehowa ƒe seawo la dzi, eye womewɔ nenema o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Israelviwo mese ɖelawo ƒe gbe o. Wodzo le woƒe Mawu gbɔ, eye wode ta agu na mawu bubuwo. Togbɔ be wo tɔgbuiwo zɔ Aƒetɔ ƒe mɔ dzi hewɔ eƒe seawo dzi hã la, woawo ya wotrɔ megbe de mɔ sia kaba ŋutɔ, eye womenɔ agbe nyuie abe wo tɔgbuiwo ene o.