Judges 2:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ameawo subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi siwo nɔ agbe wòdidi wu Yosua la ƒe agbemeŋkekewo me eye wokpɔ nu dzɔatsu siwo katã Yehowa wɔ na Israel.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ la subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe, amesiwo kpɔ nu gã, siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ le Yosua ƒe agbenɔɣi la, Israelviwo subɔ Aƒetɔ pɛpɛpɛ. Le Yosua megbe hã la, Israelviwo yi edzi subɔ Aƒetɔ le ame tsitsi siwo kpɔ nu dzɔtsu siwo katã Aƒetɔ wɔ na Israel teƒe la ƒe agbenɔɣi.