Judges 20:48 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-ŋutsuwo trɔ ɖe Benyamin-viwo ŋu, eye wowu nusianu, si wokpɔ le dua me la, kple yi, amewo kple lãwo siaa, eye wòta dzo du, siwo katã wokpɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-ŋutsuwo trɔ ɖe Benyamin vi mamlɛawo ŋu, eye wowu wo kple yi. Wowu lãhawo kple nu sia nu si wokpɔ la le dua me. Eyome wotɔ dzo du siwo katã le nutoa me la.