Judges 21:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖua Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la ƒe sia ƒe le Silo.” Silo le Betel ƒe dzigbeme kple mɔ si tso Betel ɖo ta Sixem la ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe anyigbeme.