Judges 21:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-viwo gblɔ bena: Ameka le Israel-toawo katã dome, si meva takpeƒe le Yehowa gbɔ le Mizpa o? Elabena ɖe woka atam ɖe amesi mava Yehowa gbɔ le Mizpa o la ŋu bena, ele be, woawui kokoko!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wobia be: “Ame ka le Israel-toawo katã me si meva takpeƒe le Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o?” Do ŋgɔ la, woka atam be ame si mava Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o la, ele be woawui godoo.