Judges 21:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòbia bena: Ameka le Israel-toawo dome, si meva Yehowa gbɔ le Mizpa o? Eye kpɔ ɖa, Yabes-Gileadtɔa ɖeke meva takpeƒe la le asaɖa me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wobia be: “Ame ka le Israel-toawo dome si meva Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o?” Kpɔ ɖa, Yabes Gileadtɔ aɖeke meva takpeƒe la le asaɖa la me o.