Judges 3:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!” Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Mikplɔm ɖo kaba, elabena Yehowa tso miaƒe futɔ Moabitɔwo de asi na mi! Enumake wodze eyome heva xe Yordan-tsoƒemɔ na Moabitɔwo, eye womena amea ɖeke tso tɔ la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: “Mikplɔm ɖo. Aƒetɔ na míeɖu dzi! Míeɖu míaƒe futɔ, Moabtɔwo dzi!” Enumake wodze eyome, eye wova xe Yordan-tɔsisi la tsoƒemɔ na Moabtɔwo. Womena ame aɖeke tso tɔ la o.