Judges 4:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yael yi ɖakpe Sisera gblɔ ne bena: Va, nye amegã, va dze gbɔnye, eye megavɔ̃ o! Enumake wòyi egbɔ le eƒe agbadɔ me, eye nyɔnu la tsɔ avɔ tsyɔ nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yael yi ɖakpe Sisera hegblɔ nɛ be: “Va, nye amegã! Ge ɖe nye agbadɔ me. Mègavɔ̃ o.” Enumake Sisera ge ɖe eme, eye wòtsyɔ avɔ nɛ.