Judges 4:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena: Mele yiyi ge kpli wò tso; ke bubu, si le mɔ, si dzi dze ge nala me la, manye tɔwò o, elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnua ɖe! Eye Debora tso yi Kedes kple Barak.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Debora ɖo eŋu be: “Yoo, mayi kpli wò baa! Gake nu si gbe yim miele la, womade bubu ŋuwò o elabe Aƒetɔ adzra Sisera na nyɔnu aɖe.” Ale Debora tso yi Kedes kple Barak.