Judges 5:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hadzila siwo le kɔƒewo me, ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti. Wodzia ha enuenu tso ale si Yehowa ɖe Israel kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu! Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi aŋutrɔdalawo tso aseye le lãtoawo gbɔ la, wokafu Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo kple Israel ƒe aʋafiawo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo le afima Emegbe Yehowa ƒe dukɔ la gbugbɔ yi duwo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miɖo to miase ɖa! Tsikulawo ƒe ha le ɖiɖim le vudowo to, afi mae wole Aƒetɔ ƒe dziɖuɖu ŋutinya gblɔm, gale gblɔm, le agbledelawo ƒe dziɖuɖu le Israel ŋu gblɔm le. “Emegbe Aƒetɔ ƒe dukɔ la zɔ ɖi abu ɖo ta woƒe agbowo nu.