Judges 5:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Woayra Yael, Heber, Kenitɔ la srɔ̃ woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woayra Yael le nyɔnuwo dome, Kenitɔ Xeber srɔ̃, wõayrae le nyɔnu, siwo nɔa agbadɔ me la dome!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Woyra Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃, le nyɔnuwo dome. Woyrae le nyɔnu siwo nɔa agbadɔ me la dome!