Judges 5:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, tso Israel ƒe Mawu la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi fiawo, misee; mi amegãwo, miƒu to anyi! Mele ha dzi ge, Yehowae mele ha dzi ge na, Yehowa, Israel ƒe Mawu lae mele saŋku ƒo ge na!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mi fiawo, miɖo to! Mi amegãwo, mike to nyuie! Mele ha dzi ge na Aƒetɔ. Mele ha dzi ge atsɔ akafu Aƒetɔ, Israel Mawu lae.